1 Corinthians 6:18 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le esia ta mele gbe tem ɖe edzi na mi be miadzudzɔ ahasiwɔwɔ elabena ahasiwɔwɔ nye nu vɔ̃ si ƒoa ɖi ame ƒe ŋutilã. Eya ta ne miewɔ nu vɔ̃ sia la, miawo ŋutɔwo koe akpe fu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Misi le ahasiwɔwɔ nu! Nuvɔ̃ sia nuvɔ̃, si ame wɔna la, menye eƒe ŋutilã me wòle o, ke ahasiwɔla wɔa vɔ̃ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋuti.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mitsri ahasiwɔwɔ loo! Nu vɔ̃ bubu ɖe sia ɖe ƒomevi si ame wɔna la, melɔa eya ŋutɔ ƒe ŋutilã ɖe eme o, ke ame si wɔa ahasi ya la, wɔa nuvɔ̃ ɖe eya ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le esia ta mele gbe tem ɖe edzi na mi be miadzudzɔ ahasiwɔwɔ. Elabena ahasiwɔwɔ nye nu vɔ̃ si ƒoa ɖi ame ƒe ŋutilã. Eya ta ne miewɔ nu vɔ̃ sia la, miawo ŋutɔ koe akpe fu.