1 Corinthians 6:2 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ɖe mienyae bena, gbe ɖeka la, mí kristotɔwoe aɖu fia ɖe xexea me blibo dzi, eye míadrɔ̃ ʋɔnu xexea me tɔwo o mahã? Nu ka ta miate ŋu adzra nya suewo ɖo le mia nɔewo dome o?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mienyae bena, lãme kɔkɔewo le ʋɔnu drɔ̃ ge xexeame oa? Eye nenye miawo dzi wòato adrɔ̃ ʋɔnu xexeame la, ɖe miedze na nya suewo dɔdrɔ̃ oa?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Alo ɖe mienyae be xɔsetɔwoe le ʋɔnu drɔ̃ ge xexea me gbe aɖe gbe oa? Mi ame siwo gbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge xexea me la, ɖe miate ŋu adrɔ̃ nya kukluiwo, akpɔ ta na wo oa?
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Đe mienyae bena, gbe ɖeka la, mí kristotɔwoe aɖu fia ɖe xexeame blibo dzi eye míadrɔ̃ ʋɔnu xexeametɔwo o mahã? Nu ka ta miate ŋu adzra nya viviwo ɖo le mia nɔewo dome o?