1 Corinthians 7:15 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke ne srɔ̃tɔ si mexɔ se o la dzo la, neyi faa elabena se aɖeke mebla srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu si xɔ se la le nya sia me o. Mawu yɔ mí be míanɔ anyi le ŋutifafa me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ne amesi mexɔ se o la, gbe srɔ̃a la, negbee faa! Nɔviŋutsu alo nɔvi nyɔnu la menye kluvi le nya siawo ƒomevi me o. Ke Mawu yɔ mí le ŋutifafa me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ nenye be srɔ̃tɔawo dometɔ si menye xɔsetɔ o di be yeaklã ɖa tso esi nye xɔsetɔ gbɔ la, neheyi faa. Ne eva eme alea la, se aɖeke mebla nɔvi xɔsetɔ la le go sia me o; ɖeko Mawu di be míanɔ anyi le ŋutifafa me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke ne srɔ̃tɔ si mexɔ se o la dzo la, neyi faa. Elabena sea aɖeke mebla srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu si xɔse la le nya sia me o; Mawu yɔ mí be míanɔ anyi le ŋutifafa me.