1 Corinthians 7:19 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Elabena kɔnu sia wɔwɔ mele vevie kura le kristotɔ ƒe agbenɔnɔ me o. Nu si le vevie nye be kristotɔ nakpɔ egbɔ be yele Mawu ƒe sewo dzi wɔm eye be Mawu nakpɔ ŋudzedze le ye ŋu ɣe sia ɣi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Aʋatsotso la menye naneke o, eye aʋamatsomatso hã menye naneke o, ke Mawu ƒe sedziwɔwɔ enye nu la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne wotso aʋa na ame aɖe, alo wometsoe nɛ o la, menye naneke kura o, ke Mawu ƒe ɖoɖowo dzi wɔwɔe nye nu si le vevie.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Elabena kɔnu sia wɔwɔ mele vevie kura le kristotɔgbenɔnɔ me o. Nu si le vevie enye be kristotɔ nakpɔ egbɔ be yele Mawu ƒe sewo dzi wɔm eye be Mawu nakpɔ ŋudzedze le ye ŋu ɣesiaɣi.