1 Corinthians 7:22 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Kluvi si trɔ zu xɔsetɔ la zu Aƒetɔ la ƒe ablɔɖevi, eye wòvo tso nu vɔ̃ ƒe asi sesẽ la te. Ke ne ènye ablɔɖevi hafi zu kristotɔ la, nyae be yezu Kristo ƒe kluvi azɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena amesi woyɔ wònye kluvi le Aƒetɔ la me la, enye Aƒetɔ la ƒe ablɔɖevi, nenema ke amesi woyɔ wònye ablɔɖevi la, enye Kristo ƒe kluvi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe ame si nye kluvi hafi Aƒetɔ la yɔe la, ezu Aƒetɔ la ƒe ablɔɖevi. Nenema ke ame si nye ablɔɖevi hafi woyɔe la, ezu Kristo ƒe kluvi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Kluvi si trɔ zu kristotɔ la zu Kristo ƒe ablɔɖevi eye wòvo tso nu vɔ̃ ƒe asi sesẽ la te. Ke ne ènye ablɔɖevi hafi zu kristotɔ la, nyae be yezu Kristo ƒe kluvi azɔ.