1 Corinthians 7:25 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ maɖo miaƒe biabia evelia ŋu na mi. Miele biabiam be nu ka yewoawɔ kple ɖetugbi siwo meɖe srɔ̃ haɖe o la hã! Ɖe woaɖe mɔ na wo be woaɖe srɔ̃ faa hã? Le nyateƒe me la, nyemexɔ sedede tɔxɛ aɖeke tso Aƒetɔ la gbɔ le nya sia ŋu o. Ke Mawu ŋutɔ na susum be mawɔ eŋu dɔ, eya ta magblɔ nu si nye ŋutɔ mebu le nya sia ŋu la na mi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ɖetugbiwo la, nyemexɔ asea ɖeke tso Aƒetɔ la gbɔ le wo ŋuti o, gake maɖo aɖaŋu na wo, abe amesi kpɔ nublanuikpɔkpɔ tso Aƒetɔ la gbɔ, bene manye nuteƒewɔla la ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ame siwo meɖe srɔ̃ o gome la, nyemexɔ ɖoɖo aɖeke tso Aƒetɔ la gbɔ na wo o, ke nu si gblɔ ge mala la, nye nye ŋutɔ nye susu, elabe Aƒetɔ la ve nunye be amewo ɖoa ŋu ɖe ŋunye.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Azɔ maɖo miaƒe biabia evelia ŋu na mi. Miele biabiam be, nu ka yewoawɔ kple ɖetugbi siwo meɖe srɔ̃ haɖe o la hã? Đe woaɖe mɔ na wo be woaɖe srɔ̃ faa hã? Le nyateƒe me la, nyemexɔ sedede tɔxɛ aɖeke tso Aƒetɔ la gbɔ le nya sia ŋu o. Ke Mawu ŋutɔ na susum be mawɔ eŋutidɔ eya ta magblɔ nu si nye ŋutɔ mebu le nya sia ŋu la na mi.