1 Corinthians 7:29 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nɔviwo, nu si gblɔm mele lae nye be: Ɣeyiɣi la le kpuie, eya ta tso azɔ dzi la, ame siwo si srɔ̃ le la nanɔ agbe abe srɔ̃ ɖe mele wo si o ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esia gblɔm mele, nɔviwo, bena ɣeyiɣi la le kpuie; eyata azɔ la amesiwo si nyɔnu le la, manɔ abe ɖe ɖeke mele wo si o ene;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nɔvinyewo, nu si gblɔm mele lae nye be, ɣeyiɣi si woɖo la de vɔ. Eya ta tso fifia dzi heyina la, ŋutsu siwo si srɔ̃ le la, nenɔ anyi abe ɖe womeɖe srɔ̃ kpɔ o ene.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nɔviwo nu si gblɔm mele lae nye be; Ɣeyiɣi la le kpuie. Eya ta tso azɔ dzi la, ame siwo si srɔ̃ le la, nanɔ agbe abe srɔ̃ ɖe mele wosi o ene.