1 Corinthians 7:32 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Migatsi dzi ɖe naneke ŋu o. Ne srɔ̃ mele ŋutsu aɖe si o la, ekema ekpɔa vovo ɖe Aƒetɔ la ƒe dɔ ŋu nyuie eye wòdina ɣe sia ɣi be yeƒe agbe nadze Aƒetɔ ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke mele didim be, miagakpɔ fuɖeɖea ɖeke o. Amesi meɖe srɔ̃ o la, léa be na nusiwo nye Aƒetɔ la tɔ la, alesi wòawɔ adze Aƒetɔ la ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nye didie nye be miagatsi dzimaɖeɖi o. Ŋutsu si meɖe srɔ̃ o la, tsia dzi ɖe Aƒetɔ la ƒe dɔwo ŋu, eye wòdina vevie be yeadze eŋu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Migatsi dzi ɖe naneke ŋu o. Ne srɔ̃ mele ŋutsu aɖe si o la, ekema ekpɔa vovo ɖe Aƒetɔ ƒe dɔ ŋu nyuie, eye wòdina ɣesiaɣi be yeƒe agbe nadze Aƒetɔ ŋu.