1 Corinthians 7:34 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale eƒe dzi ƒe didiwo ma ɖe akpa gã eve me. Alea ke wònɔna na nyɔnu si ɖe srɔ̃ la kple ɖetugbi si le atsuƒe hã. Nyɔnu si ɖe srɔ̃ la léa be na xexe sia me nuwo kple ale si wòawɔ adze ŋutsu la ŋu. Ke nyɔnu si mele atsuƒe o la ƒe didi katã koe nye be yeawɔ dɔ na Aƒetɔ la le ŋutilã kple gbɔgbɔ me ɣe sia ɣi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nenema ke nyɔnu, si ɖe srɔ̃ la, kple ɖetugbi hã wole, nyɔnu, si si srɔ̃ mele o la, léa be na nusiwo nye Aƒetɔ la tɔ la, bena wòanɔ kɔkɔe le ŋutilã kple gbɔgbɔ la me; ke nyanu, si ɖe srɔ̃ la, léa be na xexe sia me nuwo, alesi wòawɔ adze ŋutsu la ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale wòtsia evedomesi. Nenema ke nyɔnu alo ɖetugbi srɔ̃manɔsitɔ hã tsia dzi ɖe Aƒetɔ la ƒe dɔwo ŋu, eye wòdina vevie be yeƒe ŋutilã kple gbɔgbɔ siaa nanɔ kɔkɔe. Ke nyɔnu srɔ̃tɔ tsia dzi ɖe xexemenuwo ŋu, eye wòdina vevie be yeadze ye srɔ̃ ŋu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ale eƒe dzi ƒe didiwo ma ɖe akpa gã eve me. Alea ke wònɔna na ɖetugbi si le atsuƒe hã. Eƒe susu katã nɔa srɔ̃a, viawo kple aƒemedɔwo ŋu ɣesiaɣi ale vovo menɔa eŋu kura na Mawu ƒe dɔ o. Ke nyɔnu si mele atsuƒe o la ƒe didi katã koe nye be yeawɔ dɔ na Aƒetɔ ɣesiaɣi.