1 Corinthians 7:36 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ne mia dometɔ aɖe kpɔe be trenɔnɔ menyo na ye o elabena yemetea ŋu ɖua ye ɖokui dzi nyuie o la, ekema ele be wòaɖe srɔ̃. Esia menye nu vɔ̃ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ne amea ɖe susu be, yemawɔ nyuie ɖe yeƒe ɖetugbi ŋuti o, nenye be, ele srɔ̃ɖeɖe me tom, eye ne ele vevie azɔ be, wòaɖe srɔ̃ la, ekema nusi dim wòle la, newɔe: mewɔ nuvɔ̃ o, nena wòaɖe srɔ̃.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne ŋutsu aɖe bia ɖetugbi ta be yeaɖe, eye wòkpɔ be dzodzro sesẽ le ye me, yemete ŋu le ye ɖokui dzi ɖum o la, woate ŋu aɖe wo nɔewo faa abe ale si wòdi la ene. Mewɔ nuvɔ̃ o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ne mia dometɔ aɖe kpɔe be trenɔnɔ menyo na ye o, elabena yemetea ŋu ɖua ye ɖokui dzi nyuie o la, ekema enyo be wòaɖe srɔ̃. Esia menye nu vɔ̃ o.