1 Corinthians 8:4 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mina míatrɔ ɖe nya la gbɔ azɔ. Eyae nye, enyo be kristotɔ naɖu nu si woɖa na trɔ̃wo kple legbawo loo alo menyo be wòaɖui oa? Mí katã míenya kɔtɛe be, “Mawu gbagbe ɖeka pɛ koe li” eye “Legbawo la, womenye naneke kura le xexe sia me o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ mienya le trɔ̃wo ƒe vɔsawo ɖuɖu la ŋuti bena, trɔ̃a ɖeke mele xexe sia me o, eye bena, mawu bubua ɖeke hã meli o, negbe ɖeka hã koe li.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ le nuɖuɖu si wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo ɖuɖu ŋuti la, míenya le nyateƒe me be trɔ̃ aɖeke mele xexea me o, eye mawu bubu aɖeke hã meli o. Mawu ɖeka hɔ̃ koe li míenya.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mina míatrɔ ɖe nya la gbɔ azɔ. Eyae nye enyo be kristotɔ naɖu nuɖuɖu si woɖa hena trɔ̃wo kple legbawo loo alo menyo be wòaɖui oa? Mí katã míenyae kɔtee be Mawu gbagbe ɖeka pɛ koe li. Legbawo la, menye mawu wonye o.