1 Corinthians 9:10 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ɖe menye míawo tae wògblɔ nya sia ɖo oa? Ɛ̃, míawo tae, elabena Mawu di be yeaɖee afia be ame si ŋlɔa nu la, naŋlɔe le mɔkpɔkpɔ me, eye ame si tugua mɔlu la natugui le mɔkpɔkpɔ me, be wòakpɔ gome le eme.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Alo menye mia ŋuti pete wogblɔe ɖo oa? Mía ta woŋlɔe ɖo bena, amesi ŋlɔa nu la, naŋlɔe le mɔkpɔkpɔ me; eye amesi tugua mɔli la, natugui le mɔkpɔkpɔ me, bena wòakpɔ gome le eme!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
alo míaƒe nya boŋ wònye gblɔm wòle? Míawo tae wòŋlɔe da ɖi ɖo, elabe ele be ame si de agblea kple ame si ŋe nukua la katã nanɔ mɔ kpɔm, be yewo dometɔ ɖe sia ɖe le nuku si yewoŋe la ƒe ɖe ɖu ge.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Đe menye míawo tae wògblɔ nya sia ɖo oa? Ẽ, míawo tae, elabena Mawu di be yeafia be ele be woaxe fe na ame siwo le eƒe dɔ vovovowo wɔm, eye ame siwo dome wole dɔ aɖe wɔm le la, woe adzɔ ga axe fe na dɔwɔla la. Ele be apavi siwo ŋlɔ agble me eye wodo nukuawo la nakpɔ gome nenye be agblemenukuawo va tsi.