1 Corinthians 9:12 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Miewɔnɛ abe ale si wòdze ene na nyagblɔla bubuawo. Ke míawo la, togbɔ be ele be miakpɔ mía dzi hã la, míebia naneke mi kpɔ gbeɖe o. Ke boŋ míawo ŋutɔ míekpɔa mía ɖokuiwo dzi ɣe sia ɣi. Míelĩ fe ame aɖeke kpɔ o, elabena míele vɔvɔ̃m be ne míewɔ esia la, dzi aɖe le mia ƒo eye miagbɔdzɔ le Kristo ƒe nyanyui si míetsɔ vɛ na mi la ŋuti.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne ame bubuwo kpɔ ŋusẽ sia ƒe gome ɖe mia dzi la, ɖe miawo míekpɔe wu woawo o mahã? Gake miewɔa ŋusẽ sia ŋuti da o, hafi míetsɔa wo katã kpoo boŋ, bene míagaxe mɔ na Kristo ƒe nyanyuie la o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne miena ame bubuwo kpɔ gome sia ƒomevi la, ɖe mele be míawo boŋ míakpɔe geɖe wu oa? Togbɔ be wòle alea hã la, míewɔ ŋusẽ sia ŋudɔ o, ke boŋ míetsɔa nu sia nu kpoo, elabe míedi be míatsɔ naneke axe mɔ na Kristo ƒe Nyanyui la o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Miewɔnɛ abe ale si wòdze ene na nyagblɔla bubuawo. Ke míawo la, togbɔ be ele be miakpɔ mía dzi hã la, míebia naneke mi kpɔ gbeɖe o. Ke boŋ míawo ŋutɔ míekpɔa mía ɖokuiwo dzi ɣesiaɣi. Míelĩ fe ame aɖeke kpɔ o, elabena míele vɔvɔ̃m be ne míewɔ alea la, dzi aɖe le mia ƒo eye miagbɔdzɔ le Yesu Kristo ƒe nya si míetsɔ vɛ na mi la ŋuti.