1 Corinthians 9:13 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nɔviwo, ɖe mienya be Mawu ŋutɔ ɖe mɔ na ame siwo nɔ dɔ wɔm le gbedoxɔ la me be woatsɔ nunana siwo amewo tsɔ vɛ na Mawu la ƒe ɖe awɔ wo ŋu dɔ faa oa? Ame siwo hã wɔa dɔ le Mawu ƒe vɔsamlekpui la ŋu la ɖua nu siwo amewo tsɔ vɛ be yewoatsɔ sa vɔe na Mawu la ƒe ɖe faa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɖe mienyae bena, amesiwo woa kɔkɔeƒe ƒe dɔwo la, kɔkɔeƒe ƒe nuwo woɖuna, eye amesiwo subɔna le vɔsamlekpui ŋuti la, vɔsamlekpui ƒe nuwo me wokpɔa wo tɔ nua tsonɛ oa?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɖe mienyae be ame siwo wɔa dɔ le gbedoxɔ me la, gbedoxɔ mee wokpɔa woƒe nuɖuɖu tsonɛ oa? Gawu la, menye lã si wotsɔ sa vɔe le vɔsamlekpui dzi la ƒe ɖe kee ame siwo subɔna le afi ma la ɖuna oa?
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nɔviwo, ɖe mienyae be Mawu ŋutɔ ɖe mɔ na ame siwo nɔ dɔ wɔm le gbedoxɔ la me be woatsɔ nunana siwo amewo tsɔ vɛ na Mawu la ƒe ɖe awɔ wo ŋutidɔ faa oa? Ame siwo hã wɔa dɔ le Mawu ƒe vɔsamlekpui la ŋu la ɖua nuɖuɖu siwo amewo tsɔ vɛ be yewoatsɔ sa vɔe na Mawu la ƒe ɖe faa.