1 Corinthians 9:2 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne ame bubuwo mebum ɖe apostolowo dome o hã la, miawo ya mienya be apostolo menye elabena dzinyee mieto le Aƒetɔ la me hafi zu kristotɔwo fifia.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne nyemenye apostolo na ame bubuwo o hã la, menyee na mi; elabena miawoe nye nye apostolonyenye ƒe nutrenu le Aƒetɔ la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne nyemenye amedɔdɔ kura o hã la, menyee na miawo ya teti, elabe miawoe nye kpeɖodzinu be Aƒetɔ la ƒe amedɔdɔe menye vavã.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ne ame bubuwo mebum ɖe apostolowo me o hã la, miawo ya mienyae be apostoloe menye elabena dzinyee mieto hafi zu kristotɔwo fifia.