1 Corinthians 9:20 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne mele Yudatɔwo dome la, mewɔa nu sia nu abe Yudatɔ ene, ale be woalɔ̃ aɖo to nyanyui si gblɔm mele na wo la. Ke mezu abe ame si le sea te ene hena ame siwo le sea te (evɔ la, nye ŋutɔ nyemele sea te hafi o), be asinye nasu ame siwo le sea te la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye mezu abe Yudatɔ ene hena Yudatɔwo, bena asinye nasu Yudatɔwo dzi; eye mezu abe amesi le sea te ene hena amesiwo le sea te, wònye nye ŋutɔ nyemele sea te hafi o, bene asinye nasu amesiwo le sea te la dzi;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne mele Yudatɔwo dome la, mewɔa ɖokuinye Yudatɔe, be maɖe woamawo. Togbɔ be nye ŋutɔ nyemele sea te o hã la, ne mele ame siwo le sea te dome la, mewɔa ɖokuinye abe ame si le sea te ene, be maɖe ame siwo le sea te la hã.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ne mele Yudatɔwo dome la, mewɔa nu sia nu abe Yudatɔ ene ale be woalɔ̃ aɖo to nyanyui si gblɔm mele na wo la. Ne mele Helatɔ siwo lé Yudatɔwo ƒe kɔnuwo kple sewo me ɖe asi hã gbɔ la, nyemehea nya ɖe wo ŋu kura o togbɔ be nyemelɔ̃ ɖe nu sia nu si wowɔna la dzi hafi o; elabena medi be makpe ɖe wo ŋu boŋ.