1 Corinthians 9:25 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame sia ame si di be yeakpɔ gome le hoʋiʋli aɖe me la toa hehexɔxɔ sesẽwo me. Wowɔa esia be woaxɔ dziɖuɖukuku si gblẽna; ke míawo la, míekea duɖime be míaxɔ dziɖuɖukuku magblẽmagblẽ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke amesiame, si le kame tem la, eɖɔa ŋu ɖo le nusianu me; ame mawo wɔa nenema, bene woƒe asi nasu dziɖuɖukuku, si gblẽna la dzi; ke miawo la, esi megblẽna o la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Duɖimekela ɖe sia ɖe ɖua eɖokui dzi le nu sia nu me. Ewɔa esia be yeaxɔ dziɖuɖudzesi si gblẽna la. Ke míawo ya la, dziɖuɖudzesi si megblẽna gbeɖegbeɖe o la nyam míele.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ne ame aɖe di be yeaxɔ dziɖuɖukplua la, ele nɛ be wòazi eɖokui dzi eye wòadzudzɔ nu geɖewo wɔwɔ ale be wòate ŋu adzra eɖokui ɖo nyuie. Amewo wɔa esia bena woaxɔ dziɖuɖukplu si gblẽna le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe. Ke míawo ya miele esia wɔm bena míaxɔ dziɖuɖukplu si le dziƒo si megblẽna gbeɖe o.