1 John 2:14 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Meŋlɔe na mi, vinye lɔlɔ̃awo, Elabena mienya Fofo la. Meŋlɔe na mi, fofowo, Elabena mienya eya ame si nɔ anyi tso gɔmedzedzea me ke. Meŋlɔe na mi, ɖekakpuiwo, Elabena miesẽ ŋu, Mawu ƒe nya la le mia me, Eye mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Fofowo, meŋlɔ ɖo ɖe mi; elabena mienya amesi li tso gɔmedzedzea me, Ɖekakpuiwo, meŋlɔ ɖo ɖe mi; elabena míesesẽ, eye Mawu ƒe nya la naa mia me, eye mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɖevi suewo, mebe miawoe mele agbalẽa ŋlɔm na, elabe mienya Tɔ́ la. Tɔ́wo, mebe miawoe mele agblẽa ŋlɔm na, elabe mienya ame si li tso keke gɔmedzedzea me ke. Ɖekakpuiwo, mebe miawoe mele agbalẽa ŋlɔm na, elabe ŋusẽ le mia ŋu, Mawu ƒe nya la le mia me, eye mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Meŋlɔe na mi, fofowo, Elabena mienya eya ame si Nɔ anyi tso gɔmedzedzea me ke Meŋlɔe na mi, ɖekakpuiwo, Elabena miesẽ ŋu, Mawu ƒe nya la le mia me Eye mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi.