1 John 5:16 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ne ame aɖe kpɔ be ye nɔvi wɔ nu vɔ̃ si ƒe fetu menye ku o la, nedo gbe ɖa, ale be Mawu naxɔe ɖe agbe. Mele esia gblɔm ku ɖe ame siwo ƒe nu vɔ̃ mehea ku vanɛ o la ŋuti. Nu vɔ̃ aɖe li si hea ame yia ku me, menye nu vɔ̃ sia tɔgbe ƒe nya gblɔm mele o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne amea ɖe kpɔ nɔvia wɔ nuvɔ̃, si mahe ame ayi ku me o la, neɖe kuku, eye wòana agbe amesiwo mewɔ nuvɔ̃, si ahe ame ayi ku me o. Nuvɔ̃a ɖe li, si ahe ame ayi ku me; nyemegblɔ be, woaɖe kuku ɖe eya ta o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne ame aɖe kpɔ nɔvia wòle nuvɔ̃ aɖe si mehea ku vanɛ o la wɔm la, ele be wòado gbe ɖa na Mawu, ame si lana agbee. Ame siwo wɔa nuvɔ̃ si mehea ku vanɛ o la ƒe nyae nye esia. Ke nuvɔ̃ aɖe li si hea ku vanɛ. Menye nuvɔ̃ sia ƒomevi tae mebe woado gbe ɖa ɖo o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ne ame aɖe kpɔ be ye nɔvi wɔ nu vɔ̃ si ƒe fetu menye ku o la, nedo gbe ɖa ale be Mawu naxɔe ɖe agbe. Esia ku ɖe ame siwo ƒe nu vɔ̃ mehea ku vanɛ o la ŋuti. Nu vɔ̃ aɖe li si hea ame yina ku me, menye nu vɔ̃ sia tɔgbe ƒe nya gblɔm mele o.