1 Kings 1:25 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Egbe la, etsɔ nyitsuwo, nyivi damiwo kple alẽwo sa vɔe eye wòkpe fia la ƒe viŋutsuwo katã. Ekpe Aʋafia Yoab kple nunɔla Abiata hã, wole nu ɖum eye wole nu nom kplii fifi laa. Wole ɣli dom be, ‘Fia Adoniya nanɔ agbe tegbee!’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena egbe la eyi ɖa wu nyitsuwo, nyi damiwo kple alẽwo kpaŋkpaŋ, eye wokpe fia viŋutsuwo katã, aʋakɔ la ƒe tatɔwo kpakple nunɔla Abyatar; kpɔ ɖa, woɖu nu, eye wono nu le egbɔ, eye wodo ɣli bena: Fia Adoniya nenɔ agbe!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe egbe la, etso yi ɖawu nyitsuwo, nyivi damiwo kple alẽwo fũu tsɔ sa vɔ, eye wòkpe fiaviŋutsuwo katã, aʋakɔ la ƒe tatɔwo kple nunɔla Abyatar eye kpɔ ɖa, wole nu ɖum le no num, le eŋkume le gbɔgblɔm be: ‘Fia Adoniya nenɔ agbe tegbee!’