1 Kings 1:39 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Zadok tsɔ lãdzo si me ami kɔkɔe le la tso Agbadɔ la me yi Gihon eye wòkɔe ɖe tame na Solomo. Woku kpẽawo eye ameawo katã do ɣli be, “Fia Solomo nanɔ agbe tegbee!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nunɔla Zadok tsɔ lãdzo, si me ami le la, tso agbadɔ la me hesi ami na Salomo, eye woku kpẽ; tete dukɔ blibo la do ɣli bena. Fia Salomo nenɔ agbe!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nunɔla Zadok tsɔ lãdzo si me ami le tso Mawu ƒe agbadɔ la me va si na Salomo. Tete woku kpẽ la, eye ameha la katã gblɔ be: “Fia Salomo nenɔ agbe tegbee!”