1 Kings 1:45 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nunɔla Zadok kple Nyagblɔɖila Natan si ami nɛ heɖoe fiae le Gihon. Wole aseye tsom tso afi ma eye du blibo la hã gli kple aseyetsotso. Eyae nye ɣli si sem miele.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nunɔla Zadok kple nyagblɔɖila Natan wosi ami nɛ heɖoe fia le Gixon, eye wole dzidzɔ kpɔm tso afima gbɔe, eye du la ʋuʋu; esia nye ɣli, si sem miele.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
eye nunɔla Zadok kple gbeƒãɖela Natan si ami nɛ heɖoe fia le Gixon. Eya ƒe dzidzɔ kpɔm wole tso afi ma gbɔ va. Nu mae na dua me tɔ zi; eyae nye ɣli gã ma si miese.