1 Kings 10:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Solomo tsɔ papawutiawo wɔ sɔtiwo na gbedoxɔ la kple fiasã la kple saŋkuwo kple kasaŋkuwo na eƒe hadzilawo. Wometsɔ ati nyui sia tɔgbi vɛ nɛ kpɔ do ŋgɔ loo alo kplɔ esia ɖo kpɔ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye fia la tsɔ papawutiawo wɔ adzrala ɖe Yehowa ƒe xɔ kple fia ƒe xɔ ŋu kple saŋkuwo kple kasaŋkuwo na hadzilawo; womegatsɔ papawuti siawo tɔgbe vɛ kpɔ o, eye womegakpɔ wo tɔgbe kpɔ vaseɖe egbe o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Salomo tsɔ atiawo ƒe ɖe wɔ adzralawo ɖe Aƒetɔ ƒe xɔ la kple eƒe xɔ la ŋu, eye wòtsɔ ɖewo kpa saŋkuwo kple kasaŋkuwo na hadzilawo. Papawuti nyui ŋutɔŋutɔwo wonye. Womegatsɔ wo ƒomevi vɛ kpɔ o. Womegakpɔ wo tɔgbe kpɔ le Israel o va se ɖe egbe.