1 Kings 10:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le nunana siwo Seba fianyɔnu la tsɔ vɛ na Fia Solomo ta la, Fia Solomo hã na nu sia nu si fianyɔnu la biae hekpe ɖe nunana siwo eya ŋutɔ dzra ɖo be yeanae la ŋuti eye fianyɔnu la kple eƒe subɔlawo trɔ yi wo de.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye fia Salomo na nusiwo katã Saba-fianyɔnu la bia, eye wòɖi lae hekpe ɖe nusiwo fia Salomo nae le eɖokui si la ŋuti. Eye eya kple eƒe dɔlawo gbugbɔ yi eƒe anyigba dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Fia Salomo na nu siwo katã Saba-fianyɔnu la di kple nu siwo katã wòbiae lae, kpe ɖe nu siwo eya Salomo ŋutɔ nae le eɖokui si la ŋuti. Tete fianyɔnua kple eƒe dɔlawo gbugbɔ yi wo denyigba dzi.