1 Kings 10:21 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wotsɔ sika wɔ kplu siwo katã me Fia Solomo noa nu le eye nenema ke wotsɔ sika nyuitɔ wɔ nuɖugba kple nuɖaze siwo katã nɔ Lebanon ƒe Avexɔ la me. Womewɔ naneke kple klosalo o elabena le Solomo ƒe ɣeyiɣiwo me la, womebua klosalo be enye nu xɔasi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Fia Salomo ƒe nunonuwo katã nye sika, eye sika nyuitɔ wotsɔ wɔ Libanon-avexɔ ƒe nuwo katãe, klosaloa ɖeke mele eme o, elabena le Salomo ŋɔli la womebu eya ɖe nemi me hã o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu siwo katã me Salomo noa nu le la nye sika ɖeɖe sɔŋ, eye le Lebanon-vexɔ me ya la, nu siwo katã me woɖua nu alo noa nu le la nye sikanuwo ɖeɖe sɔŋ. Wometsɔ klosalo wɔ ɖeke o, elabe le Salomo ŋɔli la, asixɔxɔ gobi aɖeke menɔ klosalo ŋu o.