1 Kings 10:22 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Asitsatɔdziʋu geɖewo nɔ fia la si siwo yia asigbe le atsiaƒu dzi kple Hiram tɔwo. Wotrɔna gbɔna zi ɖeka le ƒe etɔ̃ me kple sika, klosalo, nyiɖu kple kese ƒomevi vovovowo kple xewo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ʋu, siwo dea Tarsis, le fia la si hekpe ɖe Xiram ƒe ʋuwo ŋu; ʋuawo gbɔna tso Tarsis ƒe etɔ̃ zi ɖeka, eye wohea sika kple klosalo, nyiɖu, kese kple atsaxewo vanɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tɔdziʋuwo nɔ fia Salomo si. Ʋu siawo kple Xiram tɔwo dea didiƒenyigbawo dzi. Le ƒe etɔ̃ sia ƒe etɔ̃ megbe la, wokua sika, klosalo, nyiɖu, kesewo kple yevutsaxewo gbɔnɛ.