1 Kings 11:21 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Hadad se le Egipte be David kple Yoab siaa ku la, ebia mɔ Fia Farao be yeagbugbɔ ayi Edom.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi Hadad se le Egipte bena, Dawid mlɔ fofoawo gbɔ, eye aʋafia Yoab ku la, tete Hadad gblɔ na Farao bena: Ɖe mɔ nam, ne mayi nye anyigba dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke esi Hadad va se be fia David ku, eye David ƒe aʋakplɔla Yoab hã ku la, eyi ɖagblɔ na Egipte Fiagã la be: “Fia, ɖe mɔ nam ne matrɔ yi aƒe.”