1 Kings 11:36 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Solomo ƒe vi axɔ eve mamlɛawo ale be, David ƒe dzidzimeviwo ayi fiaɖuɖu dzi le Yerusalem, du si metia be wòanye teƒe si ŋu nye ŋkɔ anɔ la ta.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Matsɔ to ɖeka ana via, be akaɖi nakpɔtɔ na Dawid le ŋkunye me ŋkekeawo katã le Yerusalem du, si metia na ɖokuinye, be matsɔ nye ŋkɔ aɖo eme la ta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Matsɔ to ɖeka ana via be akaɖi nasusɔ ɖi na David le ŋkunye me ŋkekeawo katã le Yerusalem, du si metia na ɖokuinye be matsɔ nye ŋkɔ aɖo eme la ta.