1 Kings 12:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Fia Rehoboam dɔ Adoram, ame si kpɔa dzizizidɔwo ƒe nyawo gbɔ la ɖe Israel gake Israel katã ƒu kpee wòku. Ke hã la, Fia Rehoboam dze agbagba ge ɖe eƒe tasiaɖam me eye wòsi yi Yerusalem.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye fia Rexabeam dɔ Adoram, amesi le dɔwɔwɔ nu la ɖo ɖa, ke Israel blibo la ƒu kpee wòku. Tete Rexabeam wɔ kaba ɖo tasiaɖam hesi yi Yerusalem.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le nu siawo megbe la, edɔ Adoram ɖe Israelviawo gbɔ. Adoram siae nye fiaŋume si kpɔa dɔwɔwɔ na fia dzizizitɔe ƒe nyawo gbɔ. Esi wòyi la, ameawo fɔ kpe ƒui wòku. Fiaa se nya sia, eye wòge ɖe eƒe tasiaɖam me kaba sí yi Yerusalem.