1 Kings 12:28 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Yeroboam wɔ eƒe aɖaŋuɖolawo ƒe gbe dzi, wowɔ sikanyivi eve eye wògblɔ na eƒe amewo be, “Enye fukpekpe na mi akpa be miayi Yerusalem aɖasubɔ Mawu. Israel, kpɔ ɖa, sikanyivi siawoe anye miaƒe mawuwo; woawoe ɖe mi tso kluvinyenye me le Egipte!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete fia la de adaŋu hewɔ sikanyivi eve, eye wògblɔ na wo bena: Miede Yerusalem wòsɔ gbɔ azɔ! Israel, kpɔ ɖa, wò mawu, siwo kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi la, wonye si.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi wòbu nya sia ŋu ʋuu la, susu aɖe va nɛ: ewɔ sikanyivi eve, eye wògblɔ na eteviawo be: “Miaƒe Yerusalem dede la va glo azɔ. Israelviwo, miaƒe mawu siwo kplɔ mi dzoe le Egipte tsɔ va afi sia la woe nye esiawo!”