1 Kings 13:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Edo ɣli ɖe vɔsamlekpui la ŋu le Yehowa ƒe nya nu be, “Oo, vɔsamlekpui, vɔsamlekpui, ale Yehowa gblɔe nye si, ‘Woadzi viŋutsuvi aɖe si woayɔ be Yosia la na David ƒe aƒe. Dziwòe nunɔla siwo saa vɔ le nuxeƒewo eye wole vɔ sam fifia le afi sia la asa vɔ ɖo eye woatɔ dzo ameƒuwo hã ɖe dziwò.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòdo ɣli ɖe vɔsamlekpui la ta le Yehowa ƒe nya nu gblɔ bena: Vɔsamlekpui, vɔsamlekpui! Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, wole ŋutsuvia ɖe dzi ge na Dawid ƒe aƒe la, si ŋkɔ anye Yosiya, eya awu nuxeƒe ƒe nunɔlawo ɖe dziwò, amesiwo doa dzudzɔ le dziwò, eye wòatɔ dzo ameƒuwo ɖe dziwò.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ŋutsua do ɣli ɖe vɔsamlekpuia ta le Aƒetɔ ƒe nya nu be: “O vɔsamlekpui, vɔsamlekpui! Aƒetɔ be: ‘Kpɔ ɖa, wole ŋutsuvi aɖe dzi ge le David ƒe ƒome la me; eŋkɔ anye Yosiya. Eya atsɔ nuxeƒe sia ƒe nunɔla siwo tɔa dzo lifi le dziwò la asa vɔe le dziwò. Woatɔ dzo ameƒuwo gɔ̃ hã le dziwò.’ ”