1 Kings 13:33 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Togbɔ be Mawu ƒe ame la xlɔ̃ nu Yeroboam hã la, Yeroboam meɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃wo ŋu o, ke boŋ egatsɔ ame geɖe siwo metso Levi ƒe ƒome la me o la ɖo nunɔlawoe be woasa vɔ na legbawo le nuxeƒe siwo le toawo dzi. Ame sia ame si lɔ̃ ko la, ate ŋu azu nunɔla.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le nya siawo megbe la Yerobeam metrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi o, ke boŋ eɖo dukɔ la ƒe; amesiame ƒomevi nuxeƒenunɔlae; eye amesi nya lɔ ko la, eɖonɛ wòzua nuxeƒenunɔla.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le nya siawo katã megbe hã, Yerobeam metrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi o, ke boŋ egaɖo dukɔ la ƒe ame sia ame ƒomevi nuxeƒe nunɔlae. Ame sia ame ƒomevi si be yeazu nunɔla ko, eɖonɛ nuxeƒe nunɔlae.