1 Kings 14:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eye Yeroboam gblɔ na srɔ̃a be, “Yi, nàtrɔ ɖokuiwò ale be womanya be wòe nye Yeroboam srɔ̃ o, emegbe nàyi Silo. Nyagblɔɖila Ahiya le afi ma, ame si gblɔ nam be manye fia ɖe ame siawo dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yerobeam gblɔ na srɔ̃a bena: Tso, naɖɔ li wò avɔwo, ne amea ɖeke maganyae be, Yerobeam srɔ̃ nènye o, eye nayi Silo; kpɔ ɖa, nyagblɔɖila Axiya, amesi gblɔ nam be, maɖu fia ɖe dukɔ sia dzi la, le afima.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yerobeam gblɔ na srɔ̃a be: “Tso nàdo nu bubuwo, eye nàtrɔ ɖokuiwò ale be ame aɖeke nagakpɔ wò dze sii be wòe nye Yerobeam srɔ̃ o, eye nàyi Silo. Kpɔ ɖa, gbeƒãɖela Axiya, ame si gblɔ nam be mava ɖu fia ɖe dukɔ sia dzi la le afi ma.