1 Kings 14:28 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ɣe sia ɣi si Fia la yi gbedoxɔ la me la, eŋudzɔlawo tsɔa wo bɔa asaɖa le eŋgɔ eye emegbe la, wogbugbɔa wo dana ɖe dzɔlawo ƒe xɔ me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòva me, ne fia la yina ɖe Yehowa ƒe aƒe me la, fia ŋu asrafoawo tsɔa wo, eye wogagbugbɔa wo va dana ɖe fia ŋu asrafoawo ƒe xɔ me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɣe sia ɣi si fiaa gbɔna ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la me la, ele be fia ŋu srafowo natsɔ akpoxɔnuawo eye wogbugbɔa wo va dana ɖe wo dzraɖoƒe.