1 Kings 14:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mexɔ fiaɖuƒe la le David ƒe ƒometɔwo si hetsɔ na wò gake mèwɔ nye seawo dzi abe nye dɔla, David ene o. David ƒe didi vevi wònye be yeawɔ nye seawo dzi ɣe sia ɣi eye yeawɔ nu sia nu si medi be wòawɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye medu fiaɖuƒe la le Dawid ƒe aƒe la si hetsɔ na wò; ke wòa mèle abe nye dɔla Dawid, amesi lé nye seawo me ɖe asi, eye wòdze yonyeme kple eƒe dzi blibo hewɔ nusi ɖeɖe ko nyo le ŋkunye me ene o;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Medu fiaɖuƒe la le David ƒe dzidzimeviwo si tsɔ na wò. Gake wò ya mèto nye dɔla David ƒe ʋe me o. Mèɖi anukware nam tututu, zɔ ɖe nye sewo nu pɛpɛpɛ kple wò dzi blibo, wɔ nu si nyo le ŋkunye me la ɖeɖe ko abe nye dɔla David ene o;