1 Kings 15:33 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le Asa, Yuda fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, Baasa, Ahiya ƒe vi zu Israel fia le Tirza. Eɖu fia ƒe blaeve-vɔ-ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le Yuda-fia Asa ƒe ƒe etɔ̃lia me la Axiya vi Baesa zu fia ɖe Israel blibo la dzi le Tirza ƒe blave vɔ ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le Yuda-fia Asa ƒe fiaɖuɣi ƒe ƒè etɔ̃lia me la, Baesa, Axiya vi, zu fia ɖe Israel-dukɔ bliboa nu le Tirza. Enɔ zia dzi ƒe bla eve vɔ ene.