1 Kings 16:34 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le esime Ahab nɔ fia ɖum la, ŋutsu aɖe tso Betel, ame si ŋkɔe nye Hiel la gbugbɔ Yeriko tu. Esi wòɖo gɔmeɖokpea la, Via ŋutsu tsitsitɔ, Abiram, ku eye esi wòwu enu hede agbowo dua ƒe gliwo nu la, Via ŋutsu suetɔ, Segub, hã ku. Esia va eme le fiƒode si Yehowa da ɖe du la dzi abe ale si Yosua, Nun ƒe vi la gblɔ ene la nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eŋɔli Beteltɔ Xiel tso Yerixo; eƒe ŋgɔgbevi Abiram ƒe ku wotso ɖo egɔme anyi, eye eƒe dɔmlɔea Segub ƒe ku wotso de agbowo enu, le Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Yosua, Nun vi la dzi la nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Axab ŋɔlie Betel-ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Xiel la gbugbɔ Yerixo-du tso. Abe ale si Aƒetɔ la gblɔe ɖi xoxo to Yosua, Nun vi, dzi ene la, Xiel viŋutsu tsitsitɔ, Abiram ƒe ku, wotsɔ ɖo Yerixo-dua gɔme anyii, eye esi wòtui vɔ la, via ŋutsu dɔmlɔea, Segub ƒe ku, wotsɔ de agbowo enui.