1 Kings 18:25 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eliya trɔ ɖe Baal ƒe nyagblɔɖilawo gbɔ eye wògblɔ na wo be, “Miawo miwɔ mia tɔ gbã, elabena miesɔ gbɔ. Mitia nyitsuawo dometɔ ɖeka, miflii da ɖe nakeawo dzi eye miyɔ miaƒe mawu la ƒe ŋkɔ gake migade dzo nakeawo te o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Eliya gblɔ na Baal ƒe nyagblɔɖilawo bena: Mitia nyitsu ɖeka, eye mitre ewɔwɔ, elabena miesɔ gbɔ, eye miyɔ miaƒe mawu ŋkɔ, ke migaɖe dzo de ete o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Eliya gblɔ na Baal ƒe gbeƒãɖelawo be: “Mitia nyitsuawo dometɔ ɖeka. Miesɔ gbɔ, eya ta miawo miwɔ mia tɔ gbã. Mido gbe ɖa na miaƒe mawu, ke migade dzo nakea me o!”