1 Kings 18:30 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eliya gblɔ na ameawo katã be, “Mite va gbɔnye!” Ameawo katã ƒo ƒu ɖe eŋu esi wòdzra Yehowa ƒe vɔsamlekpui si wogbã la ɖo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ Eliya gblɔna dukɔ blibo la bena: Mile va gbɔnye. Esi dukɔ blibo la te ɖe eŋu la, eɖɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui, si wogbã la ɖo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Eliya gblɔ na ameawo katã be: “Mite ɖe ŋunye;” eye ameawo katã te ɖe eŋu. Egbugbɔ Aƒetɔ ƒe vɔsamlekpui si wogbã la wɔ nyuie.