1 Kings 18:44 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mlɔeba la, esi subɔla la yi zi adrelia la, egblɔ na Eliya be, “Mekpɔ lilikpo aɖe wòlolo abe ŋutsu ƒe asi ene. Enɔ hohom tso atsiaƒu la me.” Eliya do ɣli enumake be, “Ɖe abla nàyi Ahab gbɔ, gblɔ nɛ be wòage ɖe eƒe tasiaɖam me eye wòaɖi tso to la dzi kaba, ne menye nenema o la, tsidzadza ava xe mɔ nɛ!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi wòyi zi adrelia la, egblɔ be: Kpɔ ɖa, alilikpovia ɖe le abe ame ƒe asi ene, tso ƒu gome gbɔna. Eye wògblɔ be: Yi ɖagblɔ na Axab bena: Tsi lãwo ɖe tasiaɖam ŋu, eye nadzo, ne tsi megasika wò ɖi o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi wòyi zi adrẽlia la, egblɔ be: “Kpɔ ɖa, alilikpo sue aɖe si le abe ame ƒe asi ene la le dodom tso ƒu gome gbɔna.” Tete Eliya gblɔ nɛ be: “Yi ɖagblɔ na Axab be: ‘Tsi lãawo ɖe tasiaɖam ŋu ne nàɖi toa adzo kaba ne tsi magasika wò o.’ ”