1 Kings 2:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Adoniya ɖo eŋu be, “Tsã la, fiaɖuƒe la nye tɔnye eye Israel katã bu be nyee anye fia yeyea hafi. Ke nuwo va trɔ eye nu sia nu va yi nɔvinye boŋ ƒe asi me elabena nenemae Yehowa di be wòanɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ be: Wò ŋutɔ ènyae be, fiaɖuƒe la nye tɔnye, eye Israel blibo la ƒe ŋku le ŋunye, be nyee le fia nye ge; ke fiaɖuƒe la trɔ yi ɖe nɔvinye si, elabena Yehowae ɖoe nɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Adoniya yi edzi be: “Wò ŋutɔ ènya be fiaɖuƒea la tɔnye wòle be wòanye, eye Israel bliboa nɔ mɔ kpɔm be nyee le fia ɖu ge hafi. Gake nuawo va trɔ bubui; fiaɖuƒea va zu nɔvinye tɔ elabe Aƒetɔ ŋutɔe ɖoe nenema.