1 Kings 2:17 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eɖo eŋu be, “Ƒo nu na Fia Solomo nam elabena menya be awɔ nu sia nu si nàbiae. Ƒo nu nɛ nam be wòatsɔ Abisag, Sunami nyɔnu la nam maɖe.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ bena: Taflatse, ƒo nu kple fia Salomo, elabena magbe wò gbe o, ne wòatsɔ Sunami-nyɔnu Abisag nam maɖe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Adoniya yi edzi be: “Meɖe kuku na wò, ƒo nu kple fia Salomo nam ne wòatsɔ Abisag, Sunam-nyɔnu la, nam maɖe. Menya be màbia nui wòagbe o.”