1 Kings 2:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Batseba yi be yeagblɔ nya la na Fia Solomo le Adoniya ƒe ŋkɔ me. Esi wòɖo fia la gbɔ ko la, fia la tso le eƒe fiazikpui dzi, bɔbɔ eye wòde ta agu na dadaa. Eɖe gbe be woatsɔ fiazikpui aɖe ada ɖe ye tɔ gbɔ na ye dada, ale dadaa nɔ eƒe ɖusime.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Bat-Seba va fia Salomo gbɔ, be yeaƒo nu kplii le Adoniya ta; tete fia la tsi tre yi ɖakpee, eye wòbɔbɔ ɖe eŋku me; ebɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui la dzi, eye wòna nunɔdzi fia la dada wòbɔbɔ nɔ eƒe nuɖusi me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Batseba yi fia Salomo gbɔ be yeatsɔ Adoniya ƒe biabiaa aɖo eŋkume. Esi fia la kpɔe wògbɔna ɖa la, etso yi ɖakpee, eye wòde ta agu nɛ hã. Tete wòtrɔ va bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi. Ena wotsɔ zikpui vɛ na fia nɔ, eye nɔa bɔbɔ nɔ eƒe ɖusime.