1 Kings 2:27 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Solomo nya Abiata be magawɔ dɔ abe Yehowa ƒe nunɔla ene o. Ale wona Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖi ɖe Eli kple eƒe dzidzimeviwo ŋu le Silo la va eme.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Salomo nyã Abyatar, be maganye Yehowa ƒe nunɔla azɔ o, ne Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe Eli ƒe aƒe ŋu le Silo la, nava me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Salomo nyà Abyatar ɖa be maganye Aƒetɔ ƒe nunɔla azɔ o. Abyatar nyànya siae nye nya si Aƒetɔ gblɔ ɖi le Silo ɖe Eli ƒe ƒome ŋu la ƒe mevava.