1 Kings 2:28 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yoab nye aʋafia na David ƒe aʋakɔ eye mede Absalom dzi o, ke ede Adoniya ya dzi. Esi Yoab se Adoniya ƒe ku la, eƒu du yi ɖadi sitsoƒe le Agbadɔ la me eye wòlé vɔsamlekpui la ƒe lãdzowo ɖe asi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nya la ɖi Yoab se, elabena Yoab ku ɖe Adoniya ŋu, ke meku ɖe Absalom ŋu o; tete Yoab si yi Yehowa ƒe agbadɔ la me ɖalé vɔsamlekpui la ƒe dzowo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Yoab se nu si dzɔ ɖe Adoniya kple Abyatar dzi la, esí yi Aƒetɔ ƒe agbadɔ me ɖalé vɔsamlekpui la ƒe dzowo ɖe asi. Esí alea elabe eya hã nɔ Adoniya dzi, togbɔ be mede Absalom ya dzi o hã.