1 Kings 2:3 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wɔ nu siwo katã Yehowa, wò Mawu ɖo na wò. Wɔ eƒe se siwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe agbalẽ me la dzi ale be nu sia nu si nàwɔ le go ɖe sia ɖe me la nadze edzi na wò.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Lé ŋku ɖe Yehowa, wò Mawu, ƒe nudidiwo ŋu, eye nazɔ eƒe mɔwo dzi, ne nalé eƒe ɖoɖowo, sewo, kɔnuwo kple ɖaseɖiɖiwo me ɖe asi, abe alesi woŋlɔe ɖe Mose ƒe se la me ene, ne nusiwo katã nawɔ kple afisiafi, si nayi la, nadze edzi na wò;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wɔ nu siwo Aƒetɔ, wò Mawu bia tso asiwò la. Zɔ eƒe mɔwo dzi; lé eƒe ɖoɖowo, kɔnuwo kple ɖaseɖiɖiwo me ɖe asi abe ale si woŋlɔ wo ɖe Mose ƒe Se la me tututu la ene be nu sia nu si nàwɔ le afi sia afi si nàyi la nadze edzi na wò.