1 Kings 2:30 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Benaya yi agbadɔ la me; ekpɔ Yoab eye wògblɔ nɛ be, “Fia Solomo be, ‘do go!’ ” Yoab ɖo eŋu be, “Ao, medi be maku ɖe afi sia.” Ale Benaya trɔ yi fia la gbɔ hegblɔ nɛ be, “Ale Yoab gblɔ eye ale wòɖo eŋu nam enye esi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Benaya yi Yehowa ƒe agbadɔ la me hegblɔ nɛ bena: Ale fia la gblɔ esi: Do go! Eɖo ŋu bena: Gbeɖe, ke boŋ afisia maku ɖo. Tete Benaya he gbe la vɛ na fia la gblɔ bena: Ale Yoab gblɔ, eye ale wòɖo ŋu nam enye si.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Benaya va Aƒetɔ ƒe agbadɔ la me, eye wògblɔ be: “Fia ɖe gbe be: ‘Do go va.’ ” Yoab ɖo eŋu be: “Gbeɖe, maku le afi sia.” Benaya gatrɔ yi fia la gbɔ ɖagblɔ Yoab ƒe ŋuɖoɖoa nɛ.