1 Kings 2:32 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ekema Yehowa ana ame eve siwo nyo wui hafi wòwu wo la ƒe nu vɔ̃ nanɔ eya ŋutɔ dzi elabena fofonye ƒe asi menɔ Aʋafia Abner, Israelʋakɔ la ƒe kplɔla gã la kple Aʋafia Amasa, Yudaʋakɔwo ƒe kplɔla gã la ƒe ku me o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa agbugbɔ eƒe nu ava eƒe ta dzi, elabena eda nu ŋutsu eve, siwo nye ame dzɔdzɔewo, eye wonyo wui, amesiwo nye Israel ƒe aʋafia Abner, Ner vi, kple Yuda ƒe aʋafia Amasa, Yeter vi, eye wowu wo kple yi fofonye Dawid ƒe manyamanyae.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yoab wu Israel ƒe aʋakplɔla Abner, Ner vi kple Yuda ƒe aʋakplɔla, Amasa, Yeter vi. Ame siwo nyo wui, eye woxɔ asi wui hã, gake ɖeko wòtso ko wu wo le tɔ́nye ƒe manyamanya me, evɔ wònye ameawo mewɔ naneke si ta wòdze be woawu wo ɖo hafi o. Aƒetɔ ŋutɔ agahe to nɛ le eƒe nuwɔna vɔ̃ɖiawo ta.