1 Kings 2:33 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ame siawo wuwu ƒe nu vɔ̃ nanɔ Yoab kple eƒe dzidzimeviwo dzi tegbetegbe eye Mawu nakpɔe be David kple eƒe dzidzimeviwo meɖi fɔ le ame siawo wuwu me o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye woƒe ʋu agbugbɔ ava Yoab kple eƒe dzidzimeviwo ƒe ta dzi tegbee; ke ŋutifafa atso Yehowa gbɔ ava Dawid kple eƒe dzidzimeviwo kple eƒe aƒe kpakple eƒe fiazikpui la dzi tegbee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yoab kple eƒe dzidzimeviwo akpɔ tohehe tso Aƒetɔ gbɔ tegbee le ame eve siawo ƒe ku ta. Ke Aƒetɔ ana ŋutifafa David, David ƒe dzidzimeviwo, eƒe ƒome kple eƒe fiazikpui heyi ɖe mavɔ me.”