1 Kings 2:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ne èwɔ alea la, ekema Yehowa awɔ ŋugbe si wòdo nam la dzi. Ŋugbe siae nye be ne vinyewo kple woƒe dzidzimeviwo azɔ nyuie, eye woawɔ nuteƒe na ye, Mawu la, ekema wo dometɔ ɖeka anye fia na Israel ɣe sia ɣi eye nye fiaɖuƒe nu mayi akpɔ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ne Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe ŋunye la, nava me be: Ne viwòŋutsuwo lé ŋku ɖe woƒe mɔwo ŋu, eye wozɔ anukwaretɔe le ŋkunye me kple woƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo la, ekema wò amesiwo anɔ Israel-fiazikpuia dzi la, nu matso akpɔ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ekema Aƒetɔ awɔ ŋugbe si wòdo nam la dzi be: ‘Ne wò dzidzimeviwo ɖɔ ŋu ɖo, wɔ nye sededewo dzi pɛpɛpɛ kple woƒe dzi kpakple woƒe luʋɔ blibo la, ɣeyiɣi aɖeke mava si wò dzidzimevi manɔ Israel ƒe fiazikpui dzi o.’